Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 27:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Wɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi; dzoawo nawɔ ɖeka kplii, eye nata akɔbli ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 27:2
19 Referans Kwoze  

Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu!


Ke Adoniya le Salomo vɔ̃m, eye wòtso yi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Eye nade asibide nyitsu la ƒe ʋu me asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke natsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe vɔsamlekpui la te.


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Gbemagbe Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ la ŋgɔ la ŋu, elabena esa numevɔ kple nuɖuvɔ, eye wotso akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, le esi akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la, le sue akpa, eye mede numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ƒe amiwo nu o ta.


Eye nya la ɖi Yoab se, elabena Yoab ku ɖe Adoniya ŋu, ke meku ɖe Absalom ŋu o; tete Yoab si yi Yehowa ƒe agbadɔ la me ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo.


Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.


Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.


Eye nawɔ afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo ɖe eŋu, eye natsɔ akɔbli awɔ eŋuti nuawo katãe.


Woƒe dɔe nye be, woakpɔ aɖaka la kple kplɔ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiwo kple kɔkɔeƒe la me nuwo kpakple xɔmetsovɔ la kple nu bubuawo dzi.


Ke ete akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le xɔa ŋgɔdze la ɖa, be maganɔ vɔsamlekpui; la kple Yehowa ƒe xɔ la domee o, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axa dzi le anyiehe gome.


Eye wòwɔ akɔblivɔsamlekpui la, edidi abɔklugui blave, eye wòkɔ abɔklugui ewo.


„Mawu ƒe mlekpui“ la le abɔklugui ene, eye dzo ene le „Mawu ƒe mlekpui“ la ta ɖo ta dzi.


Yehowa Zehaot akpa wo ta, be woaɖu wo, eye woanyã avuzi le akafokpewo dzi, woano nu anɔ ɣli dom abe weinmulawo ene, eye woayɔ banaa abe vɔsalre kple vɔsamiekpul ƒe dzogoewo ene.


Woawo wotsɔ wɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite