Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 26:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye natso sika atu ganuvi blaatɔ̃ aku kawo, eye ganuviawo nakpe kuntruawo woazu agbadɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 26:6
11 Referans Kwoze  

amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.


Eye wofɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã; ganuviawo, ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo, afɔawo,


Etsɔ akɔbli tu ganuvi blaatɔ̃ hetsɔ kpe agbadɔkuntruawo wozu ɖeka.


Etsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃, eye wòtsɔ ganuviawo kpe kuntruɛ wo ɖekae, ale wòzu nɔƒe blibo.


Woawo nye: nɔƒe la kple eƒe agbadɔ, etamegbanu, eŋu ganuviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo:


Ku xɔmetsovɔ la ɖe kuntru gbãtɔwo ƒe kpeƒe, eye natso nubablaɖaka la ada ɖe xɔmetsovɔ la godo, eye xɔmetsovɔ la natsɔ kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la me na mi.


Eyome natu akɔbliganuvi blaatɔ̃, eye natsɔ ganuviawo aku kaawo, bena agbadɔ la nakpe azu ɖeka.


Tɔ ka kpuspui blaatɔ̃ ɖe kuntru kpekpeawo ƒe go ɖekaɖekawo me, eye kawo nanɔ sɔsɔ ɖeka me.


Eyome natsɔ gbɔ̃fu alɔ̃ kuntru wuiɖekɛ, bena woatsɔ agba nɔƒe la tame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite