Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 24:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 24:7
17 Referans Kwoze  

Metà Aƒetɔ la na mi bena, miaxlẽ agbalẽ sia na nɔvi kɔkɔeawo katã.


Eye ne miexlẽ agbalẽ la vɔ la, miwɔe be, woaxlẽe le Laodikea hame hã, eye ne miawo hã miaxlẽ Laodikeatɔwo tɔ.


Eye esi woxlẽ se la kple nyagblɔɖilawo megbe la, fuƒoƒemegã dɔ ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, ne nuxlɔ̃menyaa ɖe le mia si na dukɔa la, migblɔe.


Tete dukɔ blibo la ɖo ŋu yoo bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe. Eye Mose tsɔ dukɔ la ƒe nyawo va Mawu gbɔe.


Eye dukɔ la ɖo ŋu na Yosua bena: Yehowa, mia Mawu ta, miasubɔ, eye eƒe gbe ko miase!


Naneke mele aɖaka la me o, negbe kpe eve, siwo Mose tsɔ de eme le Xoreb gbɔ, afisi Yehowa bia nu kple Israel-viwo le, esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi la koe.


Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!


Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ;


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mebia nu kple mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso kluvinyenye ƒe me la gblɔ bena:


Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe kokoko míase, amesi gbɔ míele ɖowòm ɖo, be eme nanyo na mí, le esi míeɖo to Yehowa, mía Mawu ƒe gbe ta.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?


Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotso aseye, eye woku kpẽwo kple lãdzowo heka atam na Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite