Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 24:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã, eye wòtso ŋdi kanya ɖaɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo dzesikpe wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu ɖe to la te.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 24:4
27 Referans Kwoze  

Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le mawuxɔ la ŋutikɔkɔ me, eye wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe ɖe Israel blibo la ta.


Tete Axiya lé awu ʋlaya yeye, si le eŋu la, eye wòdzee de kakɛkakɛ wuieve,


Eye Yosua tsɔ kpe wuieve ma, siwo woɖe le Yordan me la, lu ɖe Gilgal.


Gblɔ na nunɔla Aron viŋutsu Eleazar bena, woafɔ dzudzɔdosonuawo le dzobiƒe la, eye wòaka dzoa le wo me ɖe adzɔge.


Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Tete Yakob tso kpea ɖe tu anyi, be wòanye dzesikpe.


Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.


Eve Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nusia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo dzi, eye nakui ɖe Yosua ƒe to me, elabena matsrɔ̃ Amalek ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te keŋkeŋ.


Eye Mose ɖi vɔsamlekpui, eye wòna ŋkɔe be: Yehowa nye aflaga.


Esiawo nye ɖoɖo, siwo nagblɔ na wo.


Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nya siawo ɖi; elabena nya siawo dzi mebia nu kpli wò kpakple Israel-viwo ɖo.


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Eye Yosua gblɔ na wo bena: Miyi Yordan titina le Yehowa, mia Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye mia dome amesiame natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu;


Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite