Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 23:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖe nu le aʋatsonyawo me; megawu amesi ƒe nya dzɔ, eye meɖi fɔa ɖeke o la o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 23:7
24 Referans Kwoze  

Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.


Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.


Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!


Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.


Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la,


Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.


Ne ètrɔ de ŋusẽkatãtɔ ŋu, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi la, ne èɖe nu manyomanyo ɖa le wò agbadɔ me,


Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?


Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa!


Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnu, eye woadrɔ̃e na wo; woatso afia na amesi ƒe nya dzɔ, eye wòabu fɔ amesi ƒe nya medzɔ o.


Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ.


Te aʋatsomɔ ɖe aga tso gbɔnye, eye natsɔ wò se la ve nunye!


Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.


Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite