Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 23:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 23:23
13 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò, bena wòakpɔ dziwò le mɔ ta, eye woakplɔ wò ava teƒe, si medzra ɖo ɖi na wò la.


Eyata woaɖe aboyo nye dukɔ le manyamanya me, woƒe ame ŋkutawo azu dɔwuitɔwo, eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu.


Aron gblɔ na wo bena: Miɖe sikatɔgɛ, siwo le mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ƒe towo, eye mitsɔ wo vɛ nam.


Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Yehowa, dziƒo Mawu, si ɖem tso fofonye ƒe me kple mia denyigba dzi, amesi ƒo nu kplim, eye wòka atam nam bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana la, adɔ eƒe ɖɔla ɖe ŋgɔwò, be naɖe srɔ̃ na vinye la tso afima


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.


Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.


Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite