Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 23:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 23:16
17 Referans Kwoze  

Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie, si nye agbadɔŋkekenyuie la ɖo.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe na mi eve miawɔ asinudɔa ɖeke o; kpẽkugbe wòanye na mi.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Woɖu agbadɔŋkekenyuie la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene, eye wosa numevɔ gbesiagbe ɖe xexlẽme le nu, abe alesi woŋlɔe ɖi, eye woɖo na gbesiagbe ene.


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite