Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 22:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ne ete wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 22:22
23 Referans Kwoze  

Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!


Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo!


Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.


Ɖo ŋku edzi bena, ènye kluvi kpɔ le Egipte, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle tso afima, eyata mede se na wò be, nawɔ alea ɖo.


Ɖe mete ame dahewo ƒe nudidi wo, eye mene nu ti kɔ na ahosiwo ƒe ŋkuwoa?


Megatrɔ liƒo xoxowo o, eye megage ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o;


elabena woƒe xɔnametɔ sesẽ, eye wòawɔ dzre kpli wò na wo.


miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi ɖe teƒe sia o, eye miedze mawu tutɔwo yome hena miaƒe gbegblẽ o la,


ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba, si metsɔ na mia fofowo tegbee la dzi.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;


eye womehe ame dahewo ƒe ɣlidodo va eŋku me, ne wòase hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.


Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.


Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.


elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite