Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 22:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 22:21
22 Referans Kwoze  

Eyata milɔ̃ amedzro, elabena miawo hã míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpo.


Migase ŋuta le amedzrowo ŋu o, elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi wònɔna na amedzrowo, elabena míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ?


Ne amedzroa ɖe dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi ɖe teƒe sia o, eye miedze mawu tutɔwo yome hena miaƒe gbegblẽ o la,


Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o.


Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ amesi woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunyawo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o.


Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.


Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi bena: Mibia nya ta mia nɔviwo se, eye midrɔ̃ ʋɔnu na amesiame kple nɔvia kpakple amedzro nyuie.


Ne kluvia ɖe, si le eƒe aƒetɔ gbɔ, va si wò tso la, megakplɔe de asi na eƒe aƒetɔ o.


Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.


Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.


Nu ko wònye miele dzidzem ɖe tsyɔ̃eviwo dzi, eye mietsɔ mia xɔlɔ̃ le dzadzram.


Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite