Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 21:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ne eƒe nu menyo eƒe aƒetɔ ŋu o, eye megadi be, yeaɖee o la, ekema wòana woava xɔe kple ga. Mekpe ŋusẽ adzrae ɖe dukɔ bubuwo dome, le esi wògbee la ta o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 21:8
13 Referans Kwoze  

Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Nenye nuteƒe kple nu dzɔdzɔe wònye miewɔ na Yerub-Baal ƒe aƒe egbe la, ekema mikpɔ dzidzɔ le Abimelex ŋu, eye eya hã nakpɔ dzidzɔ le mia ŋu!


Ne ŋutsua ɖe bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naɖee o.


Esau dze sii bena, Kanaan-vinyɔnuawo medze fofoa Isak ŋu o.


Nɔvinyewo wɔ alakpanu abe tɔsisi ene; woɖi ta, siwo gbagba go,


Tete dzi ku Saul ŋutɔ, eye nya la medze eŋu o, eye wògblɔ bena: Wotsɔ akpe nane na Dawid, ke nye la wotsɔ akpe nam; fiaɖuƒe la koe kpɔtɔ ne!


Ke nya la medze Samuel ŋu o, esi wogblɔ be: Ɖo fia na mi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu na mi! Eye Samuel ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Ne amea ɖe dzra vianyɔnu kosii la, eya madzo abe ŋutsuwo ene o.


Ne etsɔe na viaŋutsu la, ekema wòawɔ nɛ abe eya ŋuta vianyɔnue ene.


Eye mado gbegbe woƒe anyigba, le esi wotrɔ ʋu le yonyeme ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite