Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 21:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ne amea ɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo eƒe kosivi wògbã la, ekema wòaɖe asi le eŋu, ne wòana eɖokui si ɖe eƒe ŋku la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 21:26
14 Referans Kwoze  

Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.


Eye mi aƒetɔwo, miwo nusiawo tɔgbe ke na wo; midzudzɔ ŋɔdzidodo, esi miawo hã mienyae be, mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele egbɔ o la ŋuti.


ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.


Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.


Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!


Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ!


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Ne amea ɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi kple kpo, woku ɖe esi me la, ekema woabia hlɔ̃e.


dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, dodro ɖe dodro teƒe.


Eye ne amea ɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi alo eƒe kosivi la, ekema wòaɖe asi le eŋu, ne wòano eɖokui si ɖe eƒe aɖu la ta.


ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite