Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 21:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gake ne amea ɖe bua wu nɔvia ƒe aye me la, ekema woahee atso nye vɔsamlekpui gɔ̃ hã gbɔ aɖawu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 21:14
18 Referans Kwoze  

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o,


ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o,


Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!


Tete nunɔla Yehoyada de se na ame alafawo ƒe amegãwo, siwo nye aʋakɔ la ƒe kplɔlawo gblɔ na wo bena: Mikplɔe to amea wo dome, eye ne amea ɖe dze eyome la, mi wui kple yi! Elabena nunɔla la gblɔ be, womawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.


Esi Abner trɔ gbɔ va Xebron la, Yoab kplɔe yi agbo la te, be woa kplii woaɖe kpɔ; eye wòda nu do me nɛ le afima wòku ɖe nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.


Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.


Eye meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o; miesẽ to ɖe Yehowa ƒe nya la ŋu, eye miesẽ tame helia to la.


Amesi ke aƒo fofoa alo dada la, woawui.


Ne etsɔ lãnu dzae wòku la, ekema edo hlɔ̃; eye ele be, woawu hlɔ̃dola la.


Amesi dzi hlɔ̃fe le, ne esi vaseɖe aʋli me ke hã, amea ɖeke megalée o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite