Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 20:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò lã, alo wò amedzro, si dzewo du me la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o,

Gade chapit la Kopi




2 Mose 20:10
16 Referans Kwoze  

Ŋkeke ade nawɔ da, ke nadzudzɔ le ŋkeke adreagbe; eɖanye agbleŋlɔɣi alo nuŋeɣi o, dzudzɔ ɖokuiwò.


Eye wogbugbɔ yi ɖadzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Ke wodzudzɔ le Sabat dzi le se la nu.


Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.


Gblɔ na Israel-viwo bena: Miɖo ŋku ne dzudzɔgbeawo dzi! Elabena dzesi wònye le mia kpli mi kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne mianyae bena, nye Yehowa enye amesi wɔ mi kɔkɔe.


Ŋkeke ade miafɔe; ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe, eya dzi miele ɖeke kpɔ ge o.


Ŋkeke ade miawɔ dɔ, ke miaɖu ŋkeke adrelia kɔkɔe, dzudzɔgbee wònye na Yehowa, amesiame, si awɔ dɔ le edzi la, woawui.


Ŋkeke ade miawo ɖo, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe blibo kple takpegbe kɔkɔe; miawɔ dɔa ɖeke o, elabena dzudzɔgbe wònye na Yehowa le mia nɔƒewo katã.


Elabena ne Israel ƒe aƒe la ƒe amea ɖe, alo amedzro, siwo le Israel la dometɔa ɖe trɔ le yonyeme, elé eƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ, ne woabia gbem nɛ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo ŋu nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite