Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Farao vinyɔnu va tsi le ge le Nil me. Ke egbɔ nyɔnuviwo le tsa ɖim le tɔa to. Kasiaa wòkpɔ kusia ɖe le aƒlawo dome ɖa, eye wòdo eƒe dɔlanyɔnu ɖa, be wòaɖatsɔe vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 2:5
12 Referans Kwoze  

ke esime woɖee ɖa la, Farao ƒe vinyɔnuvi la fɔe, eye wònyii, be wòanye eya ŋuta via.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Yi Farao gbɔ ŋdi kanya: kpɔ ɖa, ayi to la nu, eye natsɔ atikplɔ, si zu da la, ɖe asi aɖado goe le Nil-tɔsisi la to.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Akpaviãwo tsoa abolo kple lã vanae nɛ le ŋdi, eye wotsoa abolo kple lã vanae ne le fiẽ, eye wonoa tɔʋu la me tsi.


Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!


Esi wòʋui la, ekpa ŋutsuvia ɖe le avi fam le ame. Eye eƒe nu wo nublanui ne wògblɔ bena: Ɖewo Hebri-ŋutsuviwo dometɔa ɖee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite