Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke esi megate ŋu le eɣlam o la, etsɔ kusi, si wotso aɖa lɔ̃e, eye wòtree kple aŋɔ keŋ, emegbe la etsɔ ɖevi la mlɔ me, eye wòkɔe ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 2:3
10 Referans Kwoze  

Emegbe Farao de se na eƒe dukɔ la katã bena: Ne Hebritɔwo dzi ŋutsuvi la, ekema mitsɔe ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi la me, ke mina nyɔnuviwo katã nanɔ agbe.


Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o.


Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò, eye natso eme keŋ, atsɔ aŋɔ atre eme kple ekɔgo.


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


anyigba, si dɔ amewo ɖo ɖe atsiaƒu dzi, eye wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi! Mi dɔla ɖablɛwo, miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre la gbɔ, dukɔ, si wovɔ̃na dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi.


Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo.


Tɔsisiwo aʋẽ kũ, Egipte tɔʋuwo nu atso ahamĩe, eye aƒla kple ava ayrɔ.


Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi.


Bleziblezi azu tà, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avawo teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite