Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 2:23
31 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me.


Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti


si anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Yehowa Zebaot le Egipte-nyigba dzi, eye ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe ketɔ, wo ta la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo, amesi awɔ aʋa aɖe wo.


Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Ekpɔ mía fofowoƒe hiã le Egipte, eye nèse woƒe ɣli le Avaƒu la nu.


Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose le Midian bena: Tso, gbugbɔ yi ɖe Egipte, elabena amesiwo katã le didim be, yewoatsrɔ̃ wò agbe la, woku.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese!


Eye mieɖo ɣli na Yehowa, eye wose míaƒe gbe hedɔ mawudɔlaa ɖe ɖa wòkplɔ mi tso Egipte; azɔ miele Kades, du, si le wò liƒo ŋu la me.


Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.


Eye azɔ mese Israel-viwo ƒe konyi, si wòta le Egiptetɔwo ƒe wo teteɖanyi la ŋuti, eye meɖo ŋku nye nubabla la dzi.


Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.


Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.


Wodoa ɣli le ameteɖeanyi geɖewo ta, eye wodoa boboe le ŋusẽtɔ ƒe alɔkpa ta;


Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me.


Eye Israel-viwo ɖo ɣli na Yehowa, elabena gatasiaɖam alafa asieke le esi, eye wòle Israel-viwo ɖe anyi sesẽtɔe ƒe blave sɔŋ.


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite