Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 2:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 2:22
15 Referans Kwoze  

Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.


Amedzroe menye le anyigba dzi; megaɣla wò se la ɖem o!


Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Eye esi wotsa tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, tso fiaɖuƒe gbɔ yi dukɔ bubu gbɔ la,


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe ve na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae hetsɔ ŋkɔ nɛ bena Mose: elabena egblɔ be: To mee meɖee tsoe.


Amedzro menye le mia dome, mina ameɖiƒem, bena matsɔ nye ame kuku la aɖi ɖe afima!


Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Womadzra anyigba wòatsi ame si ɖaa o, elabena tanyee nye anyigba la, eye miawo míenye amedzrowo kple gbɔnye mewo.


Dan-viwo li aklama kpakpɛ la, eye Yonatan, amesi nye Mose vi Gersom ƒe vi, kpakple viawo nye nunɔla na Dan-to la, vaseɖe esime woɖe aboyo wo tso anyigba la dzi.


Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite