Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi Mose va tsi la, gbe ɖeka eyi nɔviawo gbɔ, eye wòkpɔ, alesi wole woƒe dɔ sesẽ la wɔmi. Tete wòkpɔ Egiptetɔa ɖe le nɔvia Hebritɔa ɖe ƒom.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 2:11
13 Referans Kwoze  

Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Eye woƒo Israel-vi, siwo Farao ƒe dɔdzikpɔlawo tsa do dɔnunɔlawoe la, gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieme miaƒe anyikpe, siwo woɖo na mi la, wu nu blibo etsɔ kple egbe, abe tsã ene o mana?


Dɔ la nu nasẽ na wo, ale be dɔ geɖe nanɔ wo si, ne womagaɖo to ameblenyawo o!


Tete Egipte-fia ɖo ŋu na wo bena: Mose kple Aron, nukaŋuti miele didim be, miade dukɔ la le woƒe dɔa nu? Miheyi miaƒe dɔ sesẽ la dzi!


Eye Farao gagblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ la so gbɔ le anyigba la dzi tso, eye miedi be, wòadzudzɔ woƒe dɔ la mahã?


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite