Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 19:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke Mose yi Mawu gbɔ le to la dzi. Eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ bena: Ale nagblɔ na Yakob-ƒomeawo, eye ale naɖe gbe ƒãe na Israel-viwo enye si:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi,

Gade chapit la Kopi




2 Mose 19:3
12 Referans Kwoze  

Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


Ale dukɔ la tsi tre ɖe adzɔge ke; ke Mose te ɖe alilikpo dodo, si me Mawu le la ŋu.


Dzra ɖo vaseɖe etsɔ, eye etsɔ ŋdi la nalia Sinai-to la, eye nanɔ dzɔyem le to la tame.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:


Tete Yehowa ɖi va Sinai-to la tame, eye Yehowa yɔ Mose, be wòava Sinai-toa tame, eye Mose ha to la.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Tete Mose tso, eye eƒe subɔla Yosua kpe ɖe eŋu, eye Mose lia Mawu ƒe to la.


Eye Mose kpɔ kpe ete nyuie abe gbãtɔwo ene, eye wòfɔ ŋdi kanya helia Sinai-to la, abe alesi Yehowa de se ne ene, eye wotsɔ kpe eveawo ɖe asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite