Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 19:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 19:15
16 Referans Kwoze  

Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


ne wòasu te le ŋkeke etɔ̃agbe; elabena le ŋkeke etɔ̃agbe Yehowa aɖi va Sinai-to la dzi le dukɔ blibo la ƒe ŋku me.


Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.


Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.


Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔŋɔe hẽwo le taslaɖam enelia ŋu.


Eyata Israel, ale mele wɔ wò ge enye si: Esi mele esia wɔ ge wò la, eyata Israel, dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!


Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Tete Mose ɖi tso toa dzi va dukɔ la gbɔ, eye wòna dukɔ la wɔ wo ɖokui dzadzɛ, eye wonyã woƒe avɔwo.


eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.


Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite