Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 19:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne asia ɖe aka eŋu la, woaƒu kpee, alo woatee kple da; eɖanye ame alo lã o, maganɔ agbe o. Ke ne woku lãdzokpẽ la, ekema woaha to la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 19:13
11 Referans Kwoze  

Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o: Ne lã hã ka ŋu toa la, woaƒu kpee;


Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.


Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.


Tete Mose ɖi tso toa dzi va dukɔ la gbɔ, eye wòna dukɔ la wɔ wo ɖokui dzadzɛ, eye wonyã woƒe avɔwo.


Eye Mose kplɔ dukɔ la tso asaɖa la me yi Mawu kpe ge, eye wotsi tre ɖe to la te.


Amea ɖeke malia to la kpli wò o, eye womakpɔ amea ɖeke le to blibo la dzi o; alẽwo kple nyiwo hã maɖu gbe le to sia gbɔ o.


Tete xadelawo wo kaba ho ɖo ta Gibea, eye woge ɖe me hetsrɔ̃ du blibo la kple yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite