Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 19:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 19:1
16 Referans Kwoze  

Emegbe woho tso Elim, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la va Sin-gbedzi, le Elim kple Sinai dome, le woƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


eye woho tso Refidim heva ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-gbedzi.


Ɣleti sia nanye vevietɔ na mi, eya nanye ɣleti gbãtɔ na mi le ƒe la me.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena:


Yehowa, mía Mawu, gblɔ na mí le Xoreb bena: Mienɔ to sia gbɔ wòdidi;


Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.


Eyata mikpɔ miaƒe agbe ta nyuie, elabena miekpɔ nɔnɔmea ɖeke le gbesigbe Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo me le Xoreb gbɔ la o;


Yehowa, mía Mawu, bia nu kpli mí le Xoreb gbɔ.


Ale mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi heva gbe dzi.


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:


Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite