Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yetro kpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ na Israel, kple alesi wòde wo tso Egiptetɔwo si me la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 18:9
8 Referans Kwoze  

Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Mikpɔ dzidzɔ kple Yerusalem, eye mitso aseye ɖe eŋu, mi amesiwo katã lɔ̃a eƒe nya! Mitso aseye kplii le dzidzɔ me, mi amesiwo katã xaa nu le eŋu!


Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu.


Eye Saul gblɔ na Kenitɔwo bena: Midzo, mite da, eye miho tso Amalekitɔwo dome, ne magatsrɔ̃ mi akpe ɖewo ŋuo; elabena mieve Israel-viwo katã nu, esi woʋu tso Egipte! Tete Kenitɔwo te ɖa tso Amalekitɔwo dome.


Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite