Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 18:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 18:8
23 Referans Kwoze  

Amesiwo Yehowa de la, negblɔ alea, amesiwo wòɖe le xaxa me,


Exɔ na wo tso ketɔ la si me, eye wòɖe wo mo futɔ la ƒe ŋusẽ me.


Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.


Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Eye Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbã bena: Ale nɔviwò Israel gblɔ esi: Wò ŋutɔ ènya fu, siwo katã dzo ɖe mia dzi.


Mi mawuvɔ̃lawo katã, miva, ne maxlẽ nusi wòwɔ na nye luʋɔ la, afia miase!


Eye Midian-nunɔla Yetro, Mose to, se nusiwo katã Mawu wo na Mose kple eƒe dukɔ Israel, kple alesi Yehowa kplu Israel tso Egipte.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ.


Aleke wɔ mayi fofonye gbɔ, ne ɖevi la mele ŋunye oa? Nyemagate ŋu akpɔ fofonye ƒe konyifaƒe o.


Eyata mele gbɔgblɔm na wò bena: Ɖe asi le vinye ŋuti, ne wòava subɔm, ke ne ègbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mawu wò ŋgɔgbevi!


Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.


Ekema Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne medo nye asi ɖe Egipte dzi, eye mekplɔ Israel-viwo dzoe le wo dome.


Eye Mawu kpɔ Israel-viwo ƒe nublanui, eye wòve wo nu.


Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,


Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite