Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 18:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Evelia ƒe ŋkɔ nye Eliezer. Elabena fofonye ƒe Mawu la kpe de ŋunye, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 18:4
19 Referans Kwoze  

Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


Eye esi Petro ƒe mo kɔ la, egblɔ bena: Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wõɖem tso Herodes si me kpakple Yudatɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔ me.


Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee!


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!


Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wo nya dukɔwo de tenye;


Na henɔ la, tso Yehowa ƒe dɔla Dawid gbɔ, amesi gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul si me.


Mose viwo nye: Gersom kple Eliezer.


Farao hã se nya la, eye wòle didim be, yeawu Mose. Ke Mose si le Farao nu heyi ɖe Midian-tɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòva bɔbɔ no vudoa ɖe to.


Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le.


wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo.


tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò!


Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi.


Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eliezer vi nye: Rexabya, amesi nye tatɔ; viŋutsu bubua ɖeke meganɔ Eliezer si o; ke Rexabya viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.


Eye Farao gblɔ nɛ bena: Te ɖa le gbɔnye! Kpɔ nyuie, bena nagava nye ŋku ta azɔ o, elabena gbesigbe nagava nye ŋku ta la, ku ke naku!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite