Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Midian-nunɔla Yetro, Mose to, se nusiwo katã Mawu wo na Mose kple eƒe dukɔ Israel, kple alesi Yehowa kplu Israel tso Egipte.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 18:1
33 Referans Kwoze  

Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Eye vinyɔnu adre le Midian-nunɔla si, amesiwo va tsi du ge ɖe lãwo ƒe towo me, bena woana tsi wo fofo ƒe alẽwo.


Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?


Eye wòkplɔ eƒe dukɔ la le dzidzɔ me kple eƒe ame dadawo le aseyetsotso me.


míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu ano nunya me ɖaa.


Woɖo ŋu nɛ bena: Wò dolawo tso anyigba didi booa ɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena miese eŋkɔ kple nusiwo katã wòwɔ le Egipte,


Elabena míese, alesi Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte, kpakple nusi miewɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, siwo nye Sixon kple Og le Yordan godo, amesiwo mietsrɔ̃ gbidigbidi.


Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me,


Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!


Ke Xeber. Kenitɔ la, ʋu tso Mose ƒe nyo Xobab viwo, siwo nye Kenitɔwo la gbɔ, eye wòva tu eƒe agbadɔwo ɖe logotiwo gbɔ le Zaanayim le Kedes gbɔ.


Eye Mose gblɔ na Hobab toa, Midiantɔ Reguel ƒe viŋutsu, bena: Miele hoho ge ayi teƒe, si Yehowa gblɔ be, yeatsɔ na mí la; wò hã yi kpli mí, eye míawɔ nyuie na wò, elabena Yehowa ɖo nyuie ɖe Israel ŋu.


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe.


Esi wogbɔ va wo fofo Reguel gbɔ la, ebia wo bena: Nukaŋuti miegbã egbe kaba ale?


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Eye Mose nyo, Keni ƒe viwo kpakple Yuda-viwo, ʋu tso devedu la me yi Yuda-gbedzi, si le Arad ƒe dziehe gome, eye wova no dukɔ la dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite