Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 17:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Yosua wɔ, abe alesi Mose gblɔ nɛ ene be, wòaɖawɔ aʋa kple Amalek. Ke Mose, Aron kple Xur woyi togbe la tame.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 17:10
9 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na ame tsitsiawo bena: Mina afisia, vaseɖe esime míagatrɔ ava mia gbɔ. Kpɔ ɖa, Aron kple Xur le mia gbã, ne ʋɔnunyaa ɖe le amea ɖe si la, wòatsɔe ayi wo gbɔe.


Alesi Yehowa de se na eƒe dɔla Mose la, nenema Mose ɖee na Yosua, eye nenema Yosua wɔe meɖe naneke le se, siwo katã Yehowa ɖe na Mose la me o.


Kpɔ ɖa, metia Bezaleel, Uri viŋutsu, si enye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me,


Ke esi alɔ ku ɖe Mose ŋu la, wotsɔ kpe ɖe ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Xur lé eƒe asiwò ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka, eye ame evelia le axa bubu dzi Ale wole eƒe asiwò de te, vaseɖe esime ɣe ɖo to.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye ne Mose kɔ eƒe asi dzi la, ekema Israel ƒe alɔ ɖea dzi; ke ne eɖiɖi asi ɖe anyi la, ekema Amalek ƒe alɔ ɖea dzi.


Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat, eya dzi Xur nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite