Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!

Gade chapit la Kopi




2 Mose 17:1
8 Referans Kwoze  

Esi woho tso Refidim la, wova Sinai-gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe gbea dzi; afima Israel ƒu asaɖa anyi ɖo le to la kasa.


Emegbe woho tso Elim, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la va Sin-gbedzi, le Elim kple Sinai dome, le woƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi.


Esia megbe Amalekitɔwo va wɔ aʋa kple Israel le Refidim.


Ke tsi mele afima na ha la o. Tete wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu.


Emegbe Mose na Israel-viwo ho tso Avaƒu la nu heva Surgbedzi. Eye wozɔ gbea dzi ŋkeke etɔ̃, womekpɔ tsia ɖeke o.


Ne alilikpo la ho le agbadɔa dzi la, ekema Israel-viwo hona, eye afisi alilikpo la gatrɔ va edzi le la, afima Israel-viwo ƒua asaɖa anyi do.


Le Yehowa ƒo sedede nu woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe sedede nu wohona. Eye wokpɔ Yehowa sinu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite