Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 16:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Mose kple Aron gblɔ na Israel-viwo katã bena: Fiẽ la miadze sii bena, Yehowae kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 16:6
14 Referans Kwoze  

Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Ke ne Yehowa awɔ nu masekpɔa ɖe, eye anyigba ake nu ami wo kple woƒe nuwo katã, eye wòayi tsiẽ agbagbe la, ekema mianyae bena, ame siawoe do vlo Yehowa!


Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Tso, ɖi yi; elabena wo dukɔ, si nekplɔ tso Egipte-nyigba dzi la, wɔ nu gbegblẽ.


Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o.


Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi. Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò taŋ!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite