Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 16:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi? Elabena Womenya nusi wònye o. Tete Mose gblɔ na wo bena: Esia enye abolo, si Yehowa na mi, be miaɖu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 16:15
19 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o.


Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, menye abe esi fofoawo du, eye woku la ene o, amesi ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbetegbe.


Eye Israeltɔwo na ŋkɔe be man; ele abe xetsetse ene hele ɣie; eye wòvivina abe tatali, si me wode anyitsii ene.


Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.


Eye wo katã woɖu gbɔgbɔ me nuɖuɖu ma ke.


Ena wò gbɔgbɔ nyui la wo, ne wòafia nu wo; mète wò mana le woƒe nu o, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo.


Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo, eye nègblɔ na wo be, woade anyigba, si nèdɔ wò alɔ de dzi be, yeatsɔ na wo la dzi axɔe woanye wo tɔ.


Eye esi woɖu anyigba dzi agblemenuwo ŋu ke la, mana la nu tso, eye mana ɖeke megali na Israel-viwo o, ke boŋ woɖu Kanaan-nyigba dzi agblemenuwo le ƒe ma me.


Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, eye woku.


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ zevia ɖe, eye nade man gomer ɖeka eme fũ, eye natsɔe ada ɖe Yehowa ŋku me, bena wòanɔ anyi hena miaƒe dzidzimeviwo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


Elabena nusiawo katã yome xexeame dukɔwo dina; ke mia Fofo nya bena, nusiawo hiã mi.


„Miva, ne miaɖu nye abolo, eye miano nye wein, si metɔtɔ la!


eye mana dza, ne woaɖu; ẽ, dziƒobli wòna wo,


Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite