Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 16:12
17 Referans Kwoze  

Israel ƒe aƒe la adze sii bena, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu tso gbemagbe heyii.


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Eye wòadze sii be, nye Yehowa, woƒe Mawu la, meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la, wonye nye dukɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye Yuda kple eƒe duwo katã anɔ edzi hekpe ɖe agbledelawo kpakple amesiwo hona kple lãhawo la ŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Esia natsɔ anyae bena, nyee nye Yehowa. Matsɔ atikplɔ, si le asinye la, aƒo Nil-tɔsisi me tsia dzi, eye wòatrɔ zu ʋu.


Ekema woaxɔe ase bena, Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob fe Mawu lae de eɖokui fia wò.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Zi nenie gã ha vɔ̃ɖi sia ali ŋunye? Elabena mese alesi Israel-viwo li liʋĩliʋĩ ɖe ŋunye lae.


Tete Mawu ƒe ame va gblɔ na Israel-fia bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Aramtɔwo be Yehowa enye to dome mawu, eye menye gbadzaƒe-mawu o la, eyata matsɔ ameha gã geɖe sia ade asi na wò, ne miadze su be, nyee nye Yehowa.


Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.


Eye yakame, siwo le wo do me la, de asi nudzodzro me, tete Israel-viwo gafa avi gblɔ bena: Ameka gɔ̃e le lã na ge mi miaɖu hã?


Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite