Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 15:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’

Gade chapit la Kopi




2 Mose 15:9
15 Referans Kwoze  

Ɖe womekpɔ aboyonu ma oa? Nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖeka, Sisera ƒe aboyonu nanye awu ŋɔŋɔewo, akɔgbavɔ ɖeka alo eve, siwo le ŋɔŋɔe, nanye fiasrɔ̃ ɖeka tɔ!


Esi wogblɔ na Egipte-fia bena, dukɔa si la, Farao kple eŋu mewo ƒe dzi trɔ ɖe dukɔ la ŋuti; elabena wogblɔ bena: Nukaŋuti míewɔ alea, eye míeɖe asi le Israel-viwo ŋuti, be womagasubɔ mí o?


ke ne ŋusẽtɔ wu eya va dze edzi, eye woɖu edzi la, atsɔ eƒe aʋawɔnu blibo, si ŋu wòle dzi ɖom ɖo la, le egbɔ, eye wòamã eƒe aboyonuwo me.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Etsɔ eƒe akplɔ ƒo ɖe ta na eƒe amegãwo, wonyẽ zi va, be woakam ahlẽ; wole aseye tsom abe ɖe wohe, yewoaɖu ame dahe le bebe me ene.


Benyamin enye amegãxi lénu. Ŋdi la eɖua eƒe nuléle, eye fiẽ la emãa eƒe adzonu la.


Anyigba siawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye me?


Tete Ben-Hadad dɔ ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne Samaria ƒe ke asɔ gbɔ ayɔ aʋakɔ, siwo katã kplɔm ɖo ƒe asiʋlo me fi!


Tete Izebel da ame ɖo ɖe Eliya be, wòagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ wɔle siawo abe wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fi!


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Meɖe nye futɔwo ɖe nu, eye mewu wo, eye nyemetrɔ o, vaseɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.


Ɖokuibɔbɔɖeanyi la hiãtɔwo dome nyo wu ne woamã aboyonu kple dadalawo.


Miyɔ Egipte-fia Farao be „hohohodola, si ɖea ŋu ɖi le ɣeyiɣi nyuitɔ ŋu.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite