Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 15:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 15:1
27 Referans Kwoze  

Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Eye Miryam ɖo ha la ɖa bena: Midzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede so kple sɔdola ƒu.


eye woxɔ eƒe nyawo dzi se hedzi ha le eƒe kafukafu ŋu.


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


Tete Mose do eƒe asi ɖe ƒua dzi, eye esi ŋu ke ɖe le eme la, tɔa gaɖo eƒe nɔnɔme, eye Egiptetɔwo si yi ɖakpee. Ale Yehowa nyã Egiptetɔwo de ƒu la me.


Ɣemaɣi Israel-viwo dzi ha sia bena: „Vudo, dzi! Midzi ha ɖe eŋu!


Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene.


Ke boŋ ɖo eƒe nuwɔwɔ, siwo ŋu amegbetɔwo dzia ha le la, ɖe dzi!


Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.


Woha nu le kalẽtɔ dziƒowo ŋu, eye woyi alɔ̃ me ʋi; ŋutsuwɔlawo kalã meganya afika woƒe alɔ le o.


Eye wòkplɔ eƒe dukɔ la le dzidzɔ me kple eƒe ame dadawo le aseyetsotso me.


Mɔ̃tetre le vodada me na nu vɔ̃ɖi wɔlawo; ke ame dzɔdzɔe atso aseye, eye wòakpɔ dzidzɔ.


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


Wòe matsɔ agba sɔ kple edola, eye wòe matsɔ agba tasiaɖam kple emenɔla;


Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.


Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.


Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta.


Matse eƒe weingble nɛ de afima, eye nuxaxabali me la atrɔ zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo! Adzi ha le afima abe le eƒe ɖetugbimenɔɣi kple ɣeyiɣi, si wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite