Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena Farao agblɔ le Israel-viwo ŋu be: Wotre mɔ le anyigba la dzi, eye wotsi gbedadaƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’

Gade chapit la Kopi




2 Mose 14:3
15 Referans Kwoze  

be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; Wòe nye amesi ŋu meƒo nu le le blema-ŋkekewo me to nye ɖɔla Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi, amesiwo gblɔ nya ɖi ɣemaɣi ƒe geɖe be, wòe wole kpɔkplɔ ge ava ƒu woa?


Elabena nyaa ɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.


Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o!


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome.


Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Esi wofi tofi na Gazatɔwo bena, Simson va afisia la, woɖe to ɖee, eye wode xa ɖe du la ƒe agbo nu nɛ le zã blibo la katã me; wozi ɖoɖoe le zã blibo la katã me be, ne ŋu ke la, yewoawui.


Gblɔ na Israel-viwo bena, woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome; miƒu asaɖa anyi ɖe Baal-Zefon kasa le ƒu la nu.


Eye mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze su be, nyee nye Yehowa. Eye wowɔ nenema.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite