Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Menye esia mienɔa gbɔgblɔm na wò le Egipte bena: ɖe asi le mía ŋu míasubɔ Egiptetɔwo ko, elabena ne míesubɔ Egiptetɔwo la, enyo wu esi míaɖaku ɖe gbedzi oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 14:12
11 Referans Kwoze  

Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.


Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.


Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.


Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.


Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la,


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.


Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu!


Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.


Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite