Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Abolo maʋamaʋã miaɖu ŋkeke adre sɔŋ, eye womekpɔ abolo ʋaʋã alo amɔwɔ ʋaʋã le wò anyigba katã dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:7
6 Referans Kwoze  

Ŋkeke adre sɔŋ womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã le miaƒe xɔwo me o, elabena amesiame, si aɖu abolo ʋaʋã la, woaɖee ɖa le Israel-viwo ƒe ha me, eɖanye amedzro alo dumevi o.


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.


Eyata mina míaɖu ŋutitotoŋkekenyuie, menye le amɔwɔ ʋaʋã xoxo me o, eye menye le vɔ̃ɖiwɔwɔ kple nu tovo wɔwɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã me o, hafi le dzadzɛnyenye kple nyateƒe ƒe amɔwɔ maʋãmaʋã la me boŋ.


Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋãa ɖeke le wò anyigba blibo la dzi ŋkeke adre sɔŋ o, eye lã, si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, ɖeke matsi anyi ŋu nake ɖe dzi o.


eye woɖu abolo maʋamaʋã kple bliti memee, siwo nye anyigba dzi agblemenuwo le ŋkeke, si dze ŋutitotoŋkekenyuie yome la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite