Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:2
19 Referans Kwoze  

abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;


Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa.


Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;


Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe.


Ke amea ɖeke mekpɔ mɔ akɔ lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu na Yehowa o, eɖanye nyi alo alẽ o, Yehowa tɔ wònye.


Gblɔ na Farao bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel la nye ŋgɔgbevie!


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome.


Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.


Elé wò ŋutsuvi kple wò nyɔnuvi, siwo nèdzi nam la, hewu na wo, be woaɖu. De wò gbolowɔwɔ mesɔ gbɔ o,


hafi nègawu vinyeŋutsuwo hetɔ dzoea?


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite