Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eyata Mawu kplɔ dukɔ la to gbedzimɔ heyi Avaƒu la nu; eye Israel-viwo bia akpa hafi ʋu tso Egipte.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:18
13 Referans Kwoze  

Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.


Gblɔ na Israel-viwo bena, woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome; miƒu asaɖa anyi ɖe Baal-Zefon kasa le ƒu la nu.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


hekplɔ wo to mɔtata dzi, ne woayi du, si me woanɔ la me.


Mina mia srɔ̃wo kple mia viwo kpakple miaƒe lãwo natsi anyigba, si Mose na mi le Yordan godo la dzi; ke kalẽtɔwo katã nabia akpa adze wo nɔviwo ŋgɔ, ne woakpe ɖewo ŋu,


Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-viwo ƒe to afã bia akpa dze Israel-viwo ŋgɔ, abe alesi Mose gblɔ na wo ene.


Ŋutsu, siwo bia akpa dze Yehowa ŋgɔ heyina aʋa le Yerixo-tagba la, anɔ ame akpe blane.


Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Tete Yosef na Israel ƒe viwo ka atam, eye wògblɔ bena: Ne Mawu aɖo ŋku mia dzi la, ekema mitso nye ƒuwo hã tso afisia yii!


Eye Egiptetɔwo kple Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kpakple aʋakɔ bubuawo katã ti wo yome heva tu wo, esime woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu le Pi-Haxirot gbɔ le Baal-Zefon kasa.


Mawu, esi nèho dze wò dukɔ ŋgɔ, eye nètsa le gbegbe la, Sela,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite