Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:17
14 Referans Kwoze  

wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.


eye woyi ta me le anyigba, si dzi wokplɔ wo yii, eye wòtrɔ heƒo koko na wò le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, míeda vo, eye miewɔ nu vlo;


amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me


Eye dzikpɔlawo naƒo nu kple aʋakɔ la ayi dzi agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖe le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magade vovɔ̃ lãme na nɔviawo abe eya ŋuta ene o.


Ke Paulo ɖo bena, yewomatsɔ amesia, si trɔ le wo yome le Pamfilia, eye meyi ɖawɔ dɔ kpli yewo o la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu o.


Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.


Eyata ɖe gbe ƒã ɖe amea wo ƒe to me bena: Amesi ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, netrɔ, eye wòagbugbɔ tso Gilead-to la gbɔ! Tete ameawo dome ame akpe blave vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.


Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.


Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,


Yehowa akplɔ mi ade ʋu agbugbɔ aɖo ɖe Egipte ato mɔ, si megblɔ na mi be, migato o la dzi, eye woadzra mi le afima na miaƒe futɔwo mianye kluviwo kple kosiviwo, eye womakpɔ mia ƒlelawo gɔ̃ hã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite