Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 ekema natsɔ nusianu, si ʋu dɔ nu na dada la, ana Yehowa, eye natsɔ wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la, na Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:12
17 Referans Kwoze  

Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe.


Ke amea ɖeke mekpɔ mɔ akɔ lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu na Yehowa o, eɖanye nyi alo alẽ o, Yehowa tɔ wònye.


Nusianu, si aʋu dɔnu na dada la, tanyee; lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu, eɖanye nyi alo alẽ o, tanyee.


Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.


Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã kple lãwo ƒe ŋgɔgbeawo nye tɔnye; elabena esi mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, eyae meka wo ŋu na ɖokuinye.


Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome.


abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Elé wò ŋutsuvi kple wò nyɔnuvi, siwo nèdzi nam la, hewu na wo, be woaɖu. De wò gbolowɔwɔ mesɔ gbɔ o,


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


Ke natsɔ alẽ èɖuɖɔ tedzi ƒe ŋgɔgbevii, ne mèɖudɔe o la, naŋe kɔ nɛ. Ɖuɖɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo katã ta. Womava ŋkunye me asi gbɔlo o.


Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa.


Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.


Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite