Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eyata naɖo ŋku ɖoɖo sia dzi ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi, ƒe sia ƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 13:10
8 Referans Kwoze  

Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


eye le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie na Yehowa; ŋkeke adre sɔŋ miaɖu abolo maʋamaʋã.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Miɖo ŋku abolo maʋamaʋã la dzi, elabena gbemagbe mekplɔ miaƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi. Eyata mido ŋku ŋkeke sia dzi, be wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo tegbee!


Eyata wodɔa ŋu na Yehowa le zã ma me, elabena ekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. Esia enye zã, si me Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo katã anɔ ŋu dom na Yehowa le.


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite