Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:8
20 Referans Kwoze  

Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megagblẽ ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalã ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Eye naɖae aɖu le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia la; ke ne ŋu ke la, nagbugbɔ ayi wò xa nu.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megadzra nye ŋkekenyuievɔsalã ƒe ami ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Abolo maʋamaʋã miaɖu ŋkeke adre sɔŋ, eye womekpɔ abolo ʋaʋã alo amɔwɔ ʋaʋã le wò anyigba katã dzi o.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


Amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.


Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!


Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Mina dzudzɔ nade dzi ɖe abolo ʋaʋã ŋu, ne wòanye akpedavɔsa; miɖe gbe ƒã be, woana nu faa, midee sesĩe, elabena alea vivia mi Israel-viwo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Migaɖui mumũ alo aɖae hafi o; ke boŋ miamee ɖo nogo, eye la kple afɔwo nanɔ enu.


Womè ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la le dzo me le ɖoɖo la nu, ko woɖa nunana kɔkɔeawo le gaze, ze kple agbawo me hetsɔ yi na dukɔ hahoo la katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite