Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye woatsɔ nu la ƒe ɖe asisi ɖe xɔ, siwo me wole eɖu ge le la, ƒe ʋɔtrutiawo kple eve kpakple etametɔ ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:7
12 Referans Kwoze  

Le xɔse me wòɖo ŋutitoto kple ʋuhehlẽ anyi, bena ŋgɔgbeviawo wula la nagaka asi wo ŋu o.


Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Elabena vɔsa ɖeka wòtsɔ wɔ amesiwo ŋuti wokɔ la blibo halase tegbe.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


eye ŋlɔ wo ɖe wò xa ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu,


Etsɔ amiti kpa ʋɔtru agavee ɖe megbexɔ la nu; ʋɔtruti tametɔ kple axadzitɔwo xɔ gli la ƒe akpa atɔ̃liawo ɖeka.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite