Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eyata wodɔa ŋu na Yehowa le zã ma me, elabena ekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. Esia enye zã, si me Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo katã anɔ ŋu dom na Yehowa le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:42
6 Referans Kwoze  

Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


Eyata naɖo ŋku ɖoɖo sia dzi ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi, ƒe sia ƒe.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


eye wòkplɔ Israel tso wo domee, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite