Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Elabena ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla la nage ɖe miaƒe xɔwo me awu mi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:23
14 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.


Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.


Le xɔse me wòɖo ŋutitoto kple ʋuhehlẽ anyi, bena ŋgɔgbeviawo wula la nagaka asi wo ŋu o.


Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.


Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ! Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖe Yerusalem dzi, be yeagblẽe la, vɔ̃ la ve Yehowa, eye wògblɔ na mawudɔla, si le nu gblẽm le dukɔa dome la bena: Esɔ gbɔ! Azɔ ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Eve Yehowa ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Eye Mose gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi. Le zã titina la mele Egipte-nyigba me to ge ayi,


Eye woatsɔ nu la ƒe ɖe asisi ɖe xɔ, siwo me wole eɖu ge le la, ƒe ʋɔtrutiawo kple eve kpakple etametɔ ŋuti.


Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.


Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite