Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:15
28 Referans Kwoze  

Megatsɔ nu ʋaʋãa ɖeke doe o, ke boŋ naɖu nu maʋama ʋã, si nye funyibolo la, ŋkeke adre sɔŋ, elabena kplakplakpla dzi nele, hafi ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ne gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la, nano ŋku dzi na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.


Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.


Ɖo ŋku abolo-maʋamaʋã-ŋkekenyuie la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena nuŋeɣleti la dzi nèʋu tso Egipte.


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Ŋkeke ade sɔŋ naɖu nu maʋamaʋã, ke ŋkeke adrelia enye takpegbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o.


Eye ɣleti sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia enye ŋkekenyuie; woaɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre sɔŋ.


Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megagblẽ ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalã ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.


Oo, ɖe wòala amesiwo de dzi mia me la ɖa!


Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.


Yehowa atsrɔ̃ ŋutsu, si wɔa nusia la ɖa le Yakob ƒe agbaɖɔwo me akpe ɖe vi kple fɔgbulyɔvi kpakple amesi saa vɔ na Yehowa Zebaot la ŋuti.


Mèkpɔ mɔ awu lã hena ŋutitotoŋkekenyuie la le wò du sia du, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la me o;


Lãwo katã ƒe agbe le woƒe ʋu me, eyata megblɔ na Israel-viwo be: Migaɖu lãa ɖeke ƒe nu o, elabena lãwo ƒe nu enye woƒe agbe. Amesiame, si aɖui la, woatsɔe ɖa.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Miɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, elabena nu kokoe wònye na mi. Amesi agblẽ ko ɖo nɛ la, woawui, eye amesiame, si awɔ dɔ le edzi lã, woatsrɔ̃ eƒe agbe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Eye esi wowu ŋkekeawo nu la, Yesu ɖevi la tsi megbe le Yerusalem le woƒe tɔtrɔgbɔ me, eye eƒe dzilawo menye o.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ale Israel-vi, siwo le Yerusalem la, ɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ gãa ɖe, eye Lewi-viwo kple nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe hadzinuwo kafu Yehowa gbesiagbe sesĩe.


Eye woɖu abolo maʋãmaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo, eye wòtrɔ Asur-fia ƒe dzi ɖe wo ŋu be, wòdo ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe Israel ƒe Mawu ƒe xɔ la ŋu dɔwɔwɔ ŋuti.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe, be yeaʋẽ ase la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite