Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ale mianɔ hafi aɖui enye si. Mibla miaƒe aliwo dzi, eye mido atokotawo de afɔ; milé atizɔtiwo ɖe asi, eye miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe ŋutilotoŋkekenyuie ve.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:11
21 Referans Kwoze  

ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, amesi tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wowu Egiptetɔwo; ke ekpɔ miaƒe aƒewo ta. Tete dukɔ la de ta agu, eye wodo gbe ɖa.


eye mitso dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la bla miaƒe afɔ gɔme.


Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim;


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.


Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ enye ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa,


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Eye Mose yɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã vɛ, eye wògblɔ na wo be: Miyi ɖalé alẽ ɖe miaƒe aƒewo nu, eye miawui hena ŋutitotoŋkekenyuie la!


Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo;


eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wotsɔ ami la hesi na wo.


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuieɖuƒe.


Elabena menye kplakplakpla dzi miano aʋu o, eye miasi adzo o; elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena:


Wò ŋku nena nuŋeɣleti la ŋu, eye naɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la, elabena nuŋeɣleti la dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò tso Egipte de zã me.


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Eye ba la de se na dukɔ blibo lã bena: Miɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa mia Mawu la, abe alesi woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽ sia me ene.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi la miaɖu ŋutitoto-ŋkekenyuie; miaɖui ŋkeke adre sɔŋ, eye woaɖu abolo maʋãmaʋã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite