Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 11:8
18 Referans Kwoze  

Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


mana amesiwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋuta ƒe lã, eye woamu woƒe ʋu abe wein ene. Eye ŋutilãwo katã nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, eye Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Dawid ƒe ha na gbe gã kasaŋkutɔtvo ƒe henɔ.


Ale Israel-fia kple Yuda-fia kpakple Edom-fia woyi, eye wozɔ mɔ ŋkeke adre sɔŋ; ke tsia ɖeke meli na aʋakɔ la kple lã, siwo le wo ŋu la o.


Tete Ben-Hadad dɔ ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne Samaria ƒe ke asɔ gbɔ ayɔ aʋakɔ, siwo katã kplɔm ɖo ƒe asiʋlo me fi!


egblɔ na Sukottɔwo bena: Midi aboloa ɖewo na amesiwo le yonyeme la, elabena ɖeɖi te wo ŋu belibeli, eva mele Zebax kple Zalmuna, Midtan-fiawo, yome tim.


Tete Barak yɔ Zebulon kple Naftali va kpe ta ɖe Kedes, eye ŋutsu akpe ewo ho dze eyome, eye Debora hã yi kplii.


Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.


Tete woaɖo ŋu be: Esi wotu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wo, le esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi,


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.


Mose ɖo ŋu bena: Yoo, wòe ƒo nu loo! Nyemegale wò ŋku ta va ge azɔ o.


Esi mese woƒe ɣli kple nye siawo la, dɔme vem ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite