Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa na Egipte-tɔwo ve dukɔ la nu, eye Farao ŋu mewo kple eƒe dukɔ la bu Mese ŋuta le Egipte-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 11:3
14 Referans Kwoze  

Eye Yehowa na Egiptetɔwo ve dukɔ la nu, eye wolɔ̃ edzi na wo. Ale woha Egiptetɔwo enye si.


Eye mana Egipte-tɔwo nave dukɔ sia nu, bena ne miele dzodzo ge la, miayi asi gbɔloe o;


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.


Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.


Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.


Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si nèto, metsrɔ̃ wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, eye mede ŋkɔ gã ŋuwò abe ame ŋkɔŋu, siwo le anyigba dzi ƒe ŋkɔ ene.


amesi Yehowa ɖɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, be wòawɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba blibo la ŋu;


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eye Israel-viwo wɔe ɖe Mose ƒe nya la nu, eye wobia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le Egiptetɔwo si.


Ke nyagblɔɖila ɖeke megana Israel kpɔ abe Mose, Yehowa nya ŋku me kple ŋku me ene o;


Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite