Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 10:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena viviti nado ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ale bena woate ŋu ali asi viviti la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 10:21
23 Referans Kwoze  

Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.


Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me.


Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;


Eye ano gaƒoƒo adelia me la zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi,


Eye esi gaƒoƒo adelia ɖo edzi la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Ke ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ le abe blukɔ ene; womenya afika wole nu kli ge le o.


Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.


eye atsa asi le ŋdɔ, abe alesi ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene; wò mɔwo madze edzi na wo o, ke boŋ woasẽ ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woada adzo wò, ke xɔnametɔa ɖeke manɔe na wò o.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena kpetsi nadza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa kpakple agblemenuwo katã dzi le Egipte-nyigba la dzi!


ƒutsotsoe dzeagbo, siwo kplɔa woa ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo va kɔna ɖe go, ɣletivi tramɔ, siwo wodzra ɖo hena viviti tsiɖitsiɖi yi ɖe mavɔmavɔ me la, wonye.


Elabena edzɔ de gbahlaya me, eye wòyi viviti me, eye viviti nye tsyɔ eƒe ŋkɔ


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, siwo nye dɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ha.


Woƒe mɔ dzi nedo viviti, edzi neɖiɖi, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome!


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.


Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.


Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Viviti kpea wo le ŋkeke me, eye wonoa asi tsam le ŋdɔkutsu abe zã me ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite